Hebrews 13

Taƒonyawo kple ŋusẽdoamenyawo

1Minɔ mia nɔewo lɔlɔ̃ dzi ɖaa abe dadaviwo ene 2Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ be o; to esia wɔwɔ me ame aɖewo xɔ mawudɔlawo le manyamanya me 3miɖo ŋku ame siwo wode gaxɔme la dzi abe miawo hãe le gaxɔme kpli wo ene. Nenema ke miɖo ŋku ame siwo wole fu wɔmii la dzi abe miawo hãe le fua kpem ene.

4Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã. 5Mite mia ɖokuiwo ɖa xaa tso galɔlɔ̃ gbɔ eye nu si le mia si la nedze mia ŋu elabena Mawu gblɔ be,

“Nyemaɖe asi le mia ŋu akpɔ o eye nyemagblẽ mi ɖi akpɔ gbeɖe o.”
6Esia ta míegblɔ kple dzideƒo be,

“Yehowae nye nye xɔnametɔ, nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ ate ŋu awɔm?”
7Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse. 8Yesu Kristo metrɔna gbeɖe o, ale si wònɔ etsɔ si va yi, nenema kee wòle egbe eye nenema kee wòanɔ ɖaa. 9Migana nufiafia trama aɖeke nakplɔ miaƒe susuwo adzoe o. Enyo be woatsɔ amenuveve ado ŋusẽ miaƒe dziwo ke menye to nuɖuɖu tɔxɛ aɖewo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o, esiwo mehea viɖe aɖeke vanɛ na ame siwo ɖunɛ la o. 10Vɔsamlekpui aɖe le mia si; Osɔfo siwo subɔna le Agbadɔ me gɔ̃ hã mekpɔ mɔ aɖu nu si tso vɔsamlekpui sia dzi o.

11Osɔfogã la tsɔa lãwo ƒe ʋu yina ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene, gake wotɔa dzo lãawo ŋutɔ le asaɖa la godo. 12Esia tae Yesu hã kpe fu le du la ƒe agbo godo be wòakɔ eƒe amewo ŋu, awɔ wo kɔkɔe to eya ŋutɔ ƒe ʋu la me. 13Eya ta mina míayi egbɔ azɔ le asaɖa la godo be míawo hã míaɖu ŋukpe si wòtsɔ, 14elabena du si nɔa anyi ɖaa la, mele mía si le afii o, ke míele mɔ kpɔm na du si lava va.

15Eya ta mina míatsɔ kafukafuvɔsa na Mawu ɣesiaɣi to Yesu dzi, kafukafu siwo nye kutsetse tso nuyi siwo ʋua Yesu ƒe ŋkɔ me la me. 16Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ be o eye miama nu kple mia nɔewo elabena vɔsa siawo tɔgbie dzea Mawu ŋu.

17Miɖo to miaƒe kplɔlawo eye miwɔ ɖe nu siwo wogblɔ na mi la dzi elabena wole mia ta kpɔm abe ame siwo wòle be woana akɔnta Mawu tso woƒe dɔwɔna ŋu ene. Miɖo to wo ale be woƒe dɔwɔwɔ nanye dzidzɔ na wo eye mazu agba na wo o; elabena ne ele alea la, manye kpekpeɖeŋu aɖeke na miawo hã o. 18Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣesiaɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣesiaɣi le nu sia nu me. 19Medi vevie be maƒoe ɖe mia nu tɔxɛ be miado gbe ɖa be woaɖe asi le ŋutinye na mi kpuie.

20Ŋutifafa ƒe Mawu la, ame si to nubabla mavɔ ƒe ʋu la me kplɔ míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Alẽkplɔla gã la do goe tso ame kukuwo dome la, 21natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

22Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele eƒom ɖe mia nu be mialé to ɖe nye dzideƒonamenyawo ŋu elabena agbalẽ kpui aɖe koe wònye meŋlɔ na mi.

23Medi be mana mianya be woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu. Ne eva ɖo afi sia kaba la, nye kplii míava kpɔ mi ɖa.

24Mido gbe na miaƒe kplɔlawo katã kple Mawu ƒe ameawo katã. Nɔvi siwo tso Italia hã do gbe na mi.

25Amenuveve nanɔ anyi kple mi katã.

Copyright information for EweBEE